Colossians 3

Ɖoɖo na agbe dzadzɛ nɔnɔ

1Azɔ esi mietsi tre kple Kristo tso ku me ta la, mitsɔ miaƒe dziwo ɖo dziƒo ƒe kesinɔnuwo kple eƒe dzidzɔwo ŋuti, afi si Kristo le Mawu ƒe axadzi le, le bubu kple ŋusẽ me. 2Mina dziƒonuwo ŋutibubu naxɔ miaƒe susuwo me; migagblẽ miaƒe ɣeyiɣiwo anɔ anyigba dzi nuwo ŋuti bum o.

3Elabena mieku eye wotsɔ mia kple Kristo ƒe agbe ɣla ɖe Mawu me. 4Ne Kristo si nye miaƒe agbe va do la ekema miawo hã miado kpakplii le ŋutikɔkɔe me.

5Eya ta migbe nu le anyigbadzinu siwo yɔ fũ kple nu vɔ̃ la gbɔ; miwu didi vɔ̃ siwo le fiefiem le mia me. Migawɔ naneke si ku ɖe ahasiwɔwɔ, makɔmakɔnyenye, fieŋufieŋu kple ŋukpenanudzroamewo ŋuti o. Migasubɔ xexe sia me ƒe nu nyuiwo ɖe Mawu teƒe o, elabena esia nye Trɔ̃subɔsubɔ. 6Mawu ƒe dziku helihelĩ ava ame siwo wɔa nu siawo la dzi. 7Miewɔa nu siawo tsã esi miele abe xexemetɔ bubuwo ko ene 8gake azɔ la ɣeyiɣi la de na mi be miaɖe asi le dzikudodo, fuléle, fiƒode kple nya vlowo gbɔgblɔ ŋuti.

9Migaka aʋatso na mia nɔewo o; elabena mieɖe agbe xoxo la kple eƒe nuwɔnawo ɖa. 10Azɔ la miele agbe yeye nɔm eye agbe yeye nɔnɔ sia na miele nu nyui wɔwɔ srɔ̃m gbe sia gbe le si dzedze me, be mianɔ ame si nye Wɔla la ƒe nɔnɔme me. 11Le agbe yeye sia nɔnɔ me la, Griktɔ, Yudatɔ, aʋatsotso alo aʋamatsomastso, ŋkumaʋamaʋutɔ alo Skitiatɔ, kluvi alo ablɔɖevi megali o, ke boŋ wo katã nye kristotɔ eye Kristo le wo katã me. 12Esi wònye be Mawu ame si na agbe yeye mi la ŋutɔe tia mi, wɔ mi kɔkɔe eye wolɔ̃ mi vevie ta la, mido dɔmetrɔtrɔ, nublanuikpɔkpɔ, ɖokuibɔbɔ, tufafa kple dzigbɔɖi ƒe awuwo na mia ɖokuiwo, 13mihe adodo kple mia nɔewo, eye mitsɔ mia nɔewo ƒe vodadawo ke wo. Miɖo ŋku ale si Aƒetɔ la tsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ke mii la dzi eye miawo hã miatsɔ ake mia nɔewo nenema ke.

14Ƒo esiawo katã ta la, mina lɔlɔ̃ nafia ale si mianɔ agbee la mi, elabena esia ana be hame la katã nanɔ anyi le ɖekawɔwɔ blibo me. 15Mina ŋutifafa si tso Kristo gbɔ la naɖu dzi le miaƒe dziwo kple agbenɔnɔ blibo la katã me ɣesiaɣi, elabena esia nye miaƒe dɔdeasi kple mɔnukpɔkpɔ abe ame siwo nye ŋutilã ɖeka ƒe ŋutinuwo ene. Eye mida akpe ɣesiaɣi. 16Mina be Kristo ƒe nya la natso aƒe ɖe mia me le agbɔsɔsɔ me, esi miele nu fiam, le nu xlɔ̃m mia nɔewo kple Mawu menunya, eye midzi Psalmowo, hadzidziwo kple gbɔgbɔmehawo kpakple akpedada le miaƒe dziwo me na Mawu. 17Eye nu sia nu si miawɔ la, eɖeanye le nya me alo nuwɔwɔ me o, miwɔ wo katã le Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ me eye miada akpe na Mawu Fofo la, to eya amea me.

Ɖoɖo hena kristotɔwo ƒe aƒemegbenɔnɔ

18Mi srɔ̃nyɔnuwo la, mibɔbɔ mia ɖokuiwo na mia srɔ̃wo, elabena esia nye Aƒetɔ la ƒe ɖoɖo na mi. 19Eye mi srɔ̃ŋutsuwo hã la, milɔ̃ mia srɔ̃wo eye mialé be na wo eye migado dziku ɖe wo ŋuti alo ablu ɖe wo ta o.

20Mi ɖeviwo la, ele be miabu mia fofowo kple mia dadawo ɣesiaɣi, elabena esiae dze Aƒetɔ la ŋu. 21Mi fofowo la, miganɔ nya hem ɖe mia viwo ŋuti ale gbegbe be dzi naɖe le wo ƒo be woadzudzɔ agbagbadzedze o.

22Mi kluviwo la, miɖo to miaƒe anyigbadziƒetɔwo ɣesiaɣi; menye to ameŋkumenuwɔwɔ me o, ke boŋ miawɔe ɣesiaɣi ne miaƒe aƒetɔwo meli o hã. Miɖo to wo faa ɖe miaƒe lɔlɔ̃ na Aƒetɔ la kple ale si miedi be yewoadze eŋui la ta. 23Mitsɔ kutrikuku kple dzidzɔ wɔ nu sia nu si wòle be miawɔ la, abe Aƒetɔ lae miele ewɔm na ene, eye menye abe miaƒe anyigbadziƒetɔwo miele ewɔm na ene o, 24esi mienyae be miaxɔ domenyinyi tso Aƒetɔ la gbɔ abe fetu ene. Elebena Aƒetɔ Kristo ŋutɔe miele dɔ wɔm na. 25Ame sia me si wɔ nu vɔ̃ la axɔ eƒe nu vɔ̃ ƒe fetu eye ameŋkumekpɔkpɔ aɖeke manɔ eme o.

Copyright information for EweBEE